Mark 9:2-13

2Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.

Esi wo ɖo afi ma teti ko la Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,
3eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu pampampam. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexeame ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4Azɔ Eliya kple Mose va do ɖe Yesu gbɔ eye wode asi dzeɖoɖo me kplii.

5Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6Egblɔ esia elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.

7Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, alilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi eye wòxe ɣe ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo to Eyama.”

8Kasia nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo.

9Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le yeƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me. Gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu wɔnɛ be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.

11Farisitɔwo kple agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm ɖaa be, ele be Eliya natrɔ va hafi Mesia la nate ŋu ava. Nya sia me mekɔ na nusrɔ̃lawo o, eya ta wobia Yesu be wòaɖe eme na yewo. 12Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la Eliya va xoxo eye wò ɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔ̃e ɖi le Amegbetɔvi la ŋu be akpe fu geɖe eye woagbe nu le egbɔ? 13Ke mele gblɔm na mi be Eliya va eye wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ lae, abe ale si woŋlɔ̃e ɖii la ene.”

Copyright information for EweBEE